Stanza 1
Sitsoƒe na luʋɔ gbɔdzɔ,
Ne vevesese ho,
Eye fuɖeɖewo nyra hã,
Mele mɔ kpɔm na wò.
Stanza 2
Megblɔ le fu sia fu me be,
Wò koe nye dɔyɔla,
Wò nya la ate ŋu afa
Nye veve katã nu.
Stanza 3
Ke ne ɖikeke sɔ gbɔ la,
Megbɔdzɔ le ŋuwò,
Akɔfafa nu tsina,
Mɔkpɔkpɔ hã buna.
Stanza 4
Mawu vavã, ‘fi ka mayi?
Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ;
Nye luʋɔ mekpɔ sitsoƒe,
Negbe le gbɔwò ko!
Stanza 5
Amenuvevemɔa ʋu ɖi,
Na dzudzɔ luʋɔnye;
Mabɔbɔ ɖokuinye na wò,
Akpɔ mɔ wò afɔ nu.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 334