Stanza 1
O xɔxɔ yayratɔ!
Ʋu kɔkɔetɔ
Maklɔ ɖokuinye keŋkeŋ le ʋu sia me.
Kpɔ futɔ dzi kalẽtɔe!
Àɖu edzi,
‘Labena Aƒetɔ la ɖu dzi xoxo.
Kafu eƒe lɔlɔ̃ gã!
Dzi kafukafuha, dzi
Kafukafuha! Kafu ‘ƒe ʋu!

Stanza 2
O xɔxɔ yayratɔ! Mekpɔ ɖeɖe!
Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ ‘ɖeke megali o.
Ðikeke magate ŋu ‘ɖe fu nam o;
Menya be, etɔ menye,
Magblẽm ɖi o.
Kafu eƒe lɔlɔ̃ gã!
Dzi kafukafuha, dzi
Kafukafuha! Kafu ‘ƒe ʋu!

Stanza 3
O xɔxɔ yayratɔ! Enyo nam ŋ’tɔ!
Dɔ sia dɔ ƒe atike le ʋu sia me.
Eye ne mesii tso ko, ziɔ ɖe eŋu,
Ekem eɖea fu sia fu ɖa tso dzinye.
Kafu eƒe lɔlɔ̃ gã!
Dzi kafukafuha, dzi
Kafukafuha! Kafu ‘ƒe ʋu!

Stanza 4
O Yesu, nye ɖela!
Makafu wò,
‘Me si nye nye kplɔla nyui kple nye fia gã.
Makafu wò ‘fi sia ‘fi le ɣesiaɣi,
Makafu wò le agbe kple ku me siaa!
Kafu eƒe lɔlɔ̃ gã!
Dzi kafukafuha, dzi
Kafukafuha! Kafu ‘ƒe ʋu!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 322