Stanza 1
Yesu xɔla nyui,
Dzi kple anyigba fia,
Mawu kple Maria vi!
Wò koe melɔ̃na,
Wò koe mebuna,
Wòe nye nye dzi ƒe dzidzɔ la!
Stanza 2
Dzogbenya, enyo,
Seƒoƒowo katã
Nya kpɔna le ada me.
Yesu ƒe nyonyo
Kple ŋutikɔkɔe
Ƒoa wo katakatã ta sã!
Stanza 3
Ɣleti klẽna nyuie,
Gake ɣe klẽna wui
Kple ɣletiviwo katã.
Ke Yesu klẽna
Wua ɣe kple ɣleti
Kple mawudɔlawo katã.
Stanza 4
Dzi kple anyigba
Ƒe nu nyuiwo katã
Kafua míaƒe ɖela la!
Naneke maxɔ
Nye lɔlɔ̃ la o,
Negbe wò Yesu ɖeka ko!
Stanza 5
Ne mava ku la,
Megana matsrẽ o;
Na manye tɔwò tegbee!
Ne nye luʋɔ dzo,
Matsɔe ana wò:
Oo Yesu, xɔm ɖikaɖika!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 311