Stanza 1
Èɖi tso dziƒo zu ame,
Bene nàkplɔ wò dukɔ.
Le wò dzikpɔkpɔ nyui la te
Míakpɔ dzidzɔ geɖe ɖaa.
Stanza 2
Amea-ɖeke mateŋ agblɔ
Nu siwo katã nèwɔ:
Ale si nèlɔ̃ tɔwòwo,
Nyi wo, kpɔ wo dzi la o.
Stanza 3
Nu ka ado ŋɔdzi na mí,
Ne kplɔla nyui le mía kplɔm?
Eƒ’a-lẽkplɔti sesẽ la
Nyaa futɔwo katã ɖa.
Stanza 4
Ame ka na dzimefafa
Le fukpekpeɣiwo me?
Eya enye míaƒe xɔla,
Míaƒ’a-kɔfafa nyui la!
Stanza 5
Alẽha ƒe kplɔla vavã,
Tsɔm ɖe wò abɔ dome!
Di ame, siwo tra mɔ hã,
Nàkplɔ wo va wò ha me!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 302