Stanza 1
Dziƒodzudzɔ, dziƒodzudzɔ!
Fofo, kɔe ɖe dzinye duu!
O nye dzi, nyɔ ɖokuiwò ɖe
Eƒe lɔlɔ̃nu nyui la me!
‘Fi ma ko nàkpɔ esia:
Dziƒodzudzɔ, dziƒodzudzɔ!
Stanza 2
Dziƒodzudzɔ, dziƒodzudzɔ!
Yesu xɔla, na makpɔe!
Ne meva nɔ wò afɔ nu
Abe Maria ene la,
Wò akɔfafa nànam:
Dziƒodzudzɔ, dziƒodzudzɔ!
Stanza 3
Dziƒodzudzɔ, dziƒodzudzɔ!
L’a-siwo, Gbɔgbɔ Kɔkɔe,
Na wò ŋutifafaya la
Nato nye luʋɔ me bɔkɔɔ!
Na wòanɔ alea nam ɖaa:
Dziƒodzudzɔ, dziƒodzudzɔ!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 299