Stanza 1
Le nu vɔ̃ xexeame
‘Fi ka dzudzɔ le?
Alẽvia ƒe ʋu me
Fafa tsona ɖaa.
Stanza 2
Le xexemefu me
Gbɔɖemeƒea ɖe?
Yesu subɔsubɔe
Na vovo blibo.
Stanza 3
‘Fi ka dzi adzudzɔ
Tso dzimaɖi me?
Yesu ƒ’a-bɔwo me
Dzudzɔ vavã le.
Stanza 4
‘Fi ka sitsoƒe le
Le ŋɔdziƒe sia?
Yesu ƒe lɔlɔ̃ ye,
Si meʋana o.
Stanza 5
‘Me ka na kekeli
Le nye mɔwo dzi?
Yayratɔe nye ‘me si
Yesu kplɔna la.
Stanza 6
‘Me ka gɔ̃ aɖem tso
Xaxa mamlɛa me?
Yesu nye dziɖula
Yɔdo kple ku dzi.
Stanza 7
Ale míateŋ’a-zu
Yayrame l’a-fi,
Ke nu ka míahazu
L’a-gbe kemɛ me?
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 293