Stanza 1
Ŋusẽkatãtɔ, va,
Ne míakafu wò ɖaa,
Do ŋusẽ mí!
Mawu mavɔmavɔ,
Mía Fofo lɔlɔ̃tɔ,
Va ɖu mía dzi azɔ,
Wò ko míaɖi!
Stanza 2
Amenuvetɔ, va!
Míase wò agbenya,
Xɔ mí ɖ’aɔ̃gbe!
Va yra wò hame sue,
Bene wòakpɔ ŋusẽ!
Ekema ko míanye
Tɔwò tegbee!
Stanza 3
Gbɔgbɔ Kɔkɔe, nàva
Gblɔ wò akɔfanya
Na wò ɖukɔ!
Wòe nye dzidzɔgbɔgbɔ,
Lɔlɔ̃ kple ŋusẽtɔ;
Na mía dzi me nakɔ,
Míakpɔ dzidzɔ!
Stanza 4
Fofo, Vi kple Gbɔgbɔ,
Mawu ɖekatɔ̃ la,
Míasubɔ wò!
Fiaɖuƒe kple ŋusẽ
Kpakple ŋutikɔkɔe
Enye tɔwo tegbee!
Míakafu wò!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 29