Stanza 1
Yesu, wò ɖeɖe ko,
Manɔ agbe na!
Nyemate ŋu adzo
Le nye xɔla gbɔo.
Stanza 2
Exɔm abe vi ‘ne
Kple lɔlɔ̃ gã ‘ɖe;
O, mekpɔ dzidzɔ ŋ’tɔ,
Be maxɔ sia se.
Stanza 3
Medze sii be, elɔ̃m
Kple lɔlɔ̃ vavã;
Esia wɔ be, mezu
Dzɔgbenyuitɔ gã.
Stanza 4
Ne mebu eŋu la
Avi gɔ̃ mafa;
Be wòtsɔ eɖokui
Hena ɖe tanye!
Stanza 5
Nye nublanuitɔ la,
Nye ame dahe,
Ne wòtia na ɖokui,
Be mazu etɔ.
Stanza 6
Nye ame si wɔ vɔ̃
Geɖe ɖe ‘ŋu la,
Eɖem tso gbegblẽ me,
Be manɔ agbe.
Stanza 7
Esia nye nuku nam,
Egoglo akpa,
Nu si wòwɔ nam la,
Esɔ gbɔ akpa.
Stanza 8
Azɔ mate ŋu yɔ
Mawu be Fofo;
Nye xɔla ƒe lɔlɔ̃
Na megbɔ ɖe me.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 289