Stanza 1
Wotsɔa nu vɔ̃wo kena;
Agbenya enye esia
Na me si le nu xam.
Yesu ta wotsɔe kena,
Le eƒe ŋkɔ dzi wowɔa
Mawu ƒe ŋugbedonya dzi.
Stanza 2
Mawu lɔ̃ xexe la me,
Tsɔ eƒe Tenuvi kee;
Woŋlɔ nya sia ɖi nam.
Nye hã mate ŋu akpɔ
Nye nu vɔ̃ ƒe tsɔtsɔke.
Mexɔe se be, wotsɔ wo kem!
Stanza 3
Nye nudidi vevitɔ
Nye be, makpɔ vɔ̃keke,
Ekema maku faa.
Ne meku ɖe nu vɔ̃ me
Hekpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ la,
Ale ke woanɔ nam mahã?
Stanza 4
Fifia koe nye xɔxɔgbe,
Be miavo tso nu vɔ̃ me
Adi ŋutifafa,
Be miaɖe miaƒe luʋɔ,
Akpɔ agbe mavɔ la
Le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ta.
Stanza 5
Na be akɔfafa sia
Magabu ɖem akpɔ o,
Bena nèxɔm vavã!
Ne meyɔ wò ŋkɔ dzi la,
Wo Gbɔgbɔ nafa ‘kɔ nam Bena wòe lɔ̃m le Yesu ta!
Stanza 6
Ne mele dzodzo ge la,
Nàde dzi ƒo nam bena,
Nèkpɔ nublanui nam!
Le Yesu dzi xɔxɔse
Kple mɔkpɔkpɔ gbagbe me
Madzo le ŋutifafa me.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 287