Stanza 1
Nye xɔse wu mo dzi
Kpɔ wò l’a-ti ŋuti,
Nye ɖela gã!
Xɔ nye gbedodoɖa,
Klɔ nye nu vɔ̃wo ɖa,
Na mazu tɔwò faa
Tso egbe sia!
Stanza 2
Wò amenuveve
Nasɔ gbɔ ɖe dzinye,
Nàdo ŋusẽm!
Wòe ku ɖe tanye kpɔ,
Na be nye lɔlɔ̃ hã
Nazu kɔkɔe vavã,
Axɔ dzo keŋ!
Stanza 3
Mele mɔtatra vɔ̃m,
Ŋɔdzi geɖe ƒo xlãm,
Va kplɔm dedie!
Klẽ nam le zã me hã,
Fa ‘kɔ nam le fu me,
Mègana mabu mɔ
Tso gbɔwò o!
Stanza 4
Ne nye agbe va yi,
Ne ku ƒe tɔsisi
Le dzinye tom,
Nye ɖela ŋusẽtɔ,
Ðem le fu mlɔɛtɔ me,
Xɔm ɖ’a-gbe ɖe gbɔwò
Yi mavɔ me!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 285