Stanza 1
Nye xɔxɔ ƒe kpe gbadzaa,
Sitsoƒe mavɔ, ɣlam dzro!
Na wò ʋu kɔkɔe naklɔ
Nye nu vɔ̃wo katã ɖa;
Eya nye nye xɔxɔ, si
Ðem tso nu vɔ̃ si me keŋ.

Stanza 2
Nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe
Madze wò se la ŋu o;
Ne medz’a-gbagba ʋuu hã,
Ne mefa ‘vi gɔ̃ hã la,
Maɖe nye nu vɔ̃ ɖa o,
Negbe wò lɔlɔ̃ la ko.

Stanza 3
Esi meda ‘he ŋuti,
Meva wò ‘titsoga gbɔ;
Meƒo ɖi, klɔ ŋutinye!
Megbɔdzɔ, O, xɔ nam dzro!
Ne mèklɔ ŋutinye o,
Ekema ɖe ko maku.

Stanza 4
Azɔ ne mele agbe
Alo ne meva ku la,
Ne viviti gɔ̃ do ɖem
Ne medo ɖe ŋkuwò me,
Nye xɔxɔ ƒe kpe gbadza,
Na maɣla ɖe gbɔwò dzro!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 275