Stanza 1
Nu vɔ̃ wɔla dze nunya!
Beble yɔ xexeame fũ.
Trɔ, mègawɔ kuvia o,
Nàdro wò nu vɔ̃ gba ɖi.
Stanza 2
Di amenuveve bla,
Zi ale si woʋu ʋɔa!
Mègahe ɖe megbe o,
Egbe nàɖe wò luʋɔ!
Stanza 3
Nu vɔ̃ wɔla, trɔ va ‘ƒe,
Mègaɖe ŋu ɖi sã o!
Va Fofowò gbɔ egbe,
Etsɔ menye tɔwò o!
Stanza 4
Mègahe ɖe megbe o,
Xɔ amenuveve la;
Ð’a-bla, nàɖe wò luʋɔ,
Be nàgabu ɖikaa o!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 272