Stanza 1
Yesu vevi, míel’a-fii,
Be míaɖo to wò nyanyui la.
Ʋu to na mí, míaɖo to
Nu si wò Gbɔgbɔ afia la!
Va, he mí tso nu vɔ̃ yome,
Ne míadi dziƒonu nyuiwo!

Stanza 2
Ne mèna nunya mí o,
Mèklẽ ɖe mía dzi me o la,
Míaƒe nunya kple nyasa
Woanye viviti ɖeɖe sɔŋ.
Nu nyui wɔwɔ, nu nyui ɖiɖi,
Wò koe ate ŋu ana mí.

Stanza 3
O, Aƒetɔ kɔkɔetɔ,
Kekeli, si tso Mawu gbɔ!
Va, nàdzra mí katã ɖo,
Ʋu mía dzime, nu kple towo!
Yra nya, si wogblɔna na mí,
Bena míawɔ edzi ɖaa si!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 255