Stanza 1
Luʋɔnye, nɔ ŋudzɔ!
Futɔwo sɔ gbɔ fũ,
Nu vɔ̃ de xa ɖi na wò ɖaa,
Be wòad’a-bi ŋuwò
Stanza 2
Nɔ ŋudzɔ, do gbe ɖa,
Nàwɔ aʋa sesiẽ!
Mègabu ŋuɖoɖo kpɔ o:
Ðo dzi ɖe Mawu ŋu!
Stanza 3
Aʋagbedzi nèle,
Mègaɖe ŋu ɖi o!
Nàwɔ kalẽ le xɔse me,
Bena nàɖu dzi ko!
Stanza 4
Nàwɔ nuteƒe ko
Yi ɖase nuwuwu!
Ne ku yɔ wò gb’a-ɖe gbe la,
Akplɔ wò yi aƒe.
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 248