Stanza 1
Yesu, xɔla, wò yɔm mele:
Ne mèxɔ nam o la, maku!
Ðem faa, nàxɔm ɖ’a-gbe fifi!
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
O xɔm nenema ko;
Le wò ku ta nàxɔ nam dzro,
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
Stanza 2
Nublanuitɔ ŋutɔ menye,
Gake wò ʋu la ɖuɖu nam;
Nàtsɔm awɔ nu si nèlɔ!
O xɔm nenema ko!
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
O xɔm nenema ko;
Le wò ku ta nàxɔ nam dzro,
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
Stanza 3
Xɔnametɔ bu meli o,
Wò ɖeka ko meva si tso;
Futɔ ƒ’a-ʋakɔ la lilim,
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
O xɔm nenema ko;
Le wò ku ta nàxɔ nam dzro,
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
Stanza 4
Kpɔm ɖa, xɔla, wò afɔ nu;
Wɔ nu si dze ŋuwò la nam!
Dze gɔme ko, nàwu nu keŋ;
Ɛ̃, xɔm nenema ko!
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
O xɔm nenema ko;
Le wò ku ta nàxɔ nam dzro,
O ɖem, nye vɔ̃wɔla!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 234