Stanza 1
Yesu Kristo, va kpɔ mía dzi,
Tsɔ wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe na mí!
‘Ye nàzɔ mía ŋgɔ kple wò nya,
Ne nàfia agbemɔ la mí!

Stanza 2
Míaƒe aɖewo le ha dzim,
‘Ye míele gbe dom ɖa na wò,
Ne nàklɔ míaƒe dzigbɔ ɖaa,
Eye míakpɔ wò nunya la!

Stanza 3
Wɔ nenem va se ɖe ‘sime
Mía kple Mawu ƒe dɔlawo
Míava dzi ha be: Yehowa,
Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nèle!

Stanza 4
Kafukafu woana mía Tɔ,
Via kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Mía Mawu, si na agbe mí,
Míakafui ɖaa tegbetegbee.

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 230