Stanza 1
Mègato ŋunye o, xɔla!
Se nye ɣlidodo:
Ne èdze bubuwo gbɔ la,
Mègaŋlɔm be o!
Xɔla, xɔla, se nye ɣlidodo
Ne èdze bubuwo gbɔ la,
Mègaŋlɔm be o!
Stanza 2
Va, nàkpɔ nye nublanui ɖa,
Kpe ɖe ŋutinye!
Nye ŋkuwo gbã, metra mɔ la;
Do wò asi ɖem!
Xɔla, xɔla, se nye ɣlidodo
Ne èdze bubuwo gbɔ la,
Mègaŋlɔm be o!
Stanza 3
Wò ɖeɖe ko mekpɔ mɔ na;
Lɔ̃, nàse nye gbe!
Na makpɔ kekeli vavã
Adze yowòme!
Xɔla, xɔla, se nye ɣlidodo
Ne èdze bubuwo gbɔ la,
Mègaŋlɔm be o!
Stanza 4
Wò, si enye ŋusẽtɔ la,
Kplɔm le wò mɔ dzi,
Be mazɔ wò afɔtoƒe
Yi ɖe ku me ke!
Xɔla, xɔla, se nye ɣlidodo
Ne èdze bubuwo gbɔ la,
Mègaŋlɔm be o!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 226