Stanza 1
O Yesu, lém ɖ’a-si nyuie
Ne nàkplɔm yi,
Se ɖe madzo l’a-fi sia
Yi mavɔ me!
Nye ɖeɖe nyematea ŋu
Ð’a-fɔ hã o;
Afi si wòa nàyi la,
Nàkplɔm ɖ’a-si.
Stanza 2
Ne wò amenuveve
Yɔ nye dzime,
Le dzidzɔ kple fu siaa me
Magbɔ ɖe me.
Viwò beli nadzudzɔ
L’a-kɔwò me,
Amia ‘ƒe ŋkuwo fafɛ
Le xɔse me.
Stanza 3
Ne wò ŋusẽ la gale
Ɣaɣla ɖem hã,
Wò la àkplɔm to zã me
Va keli me.
Azɔ lém ɖ’a-si sesiẽ,
Ne nàkplɔm yi,
Se ɖe madzo l’a-fi sia
Yi mavɔ me!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 220