Stanza 1
Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe! Mawu ŋusẽgãtɔ.
Ŋdi kanya míaƒe hadzidzi ava gbɔwò.
Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe!
Amenuvetɔ la,
Mawu ɖekatɔ̃, Míasubɔ wò ɖaa.

Stanza 2
Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe!
Viwòwo kafu wò!
Wotsɔ woƒe fiakuku da ɖe ŋkuwò me.
Kerubim kple Serafim tsyɔ woƒe mo ‘nyi ɖaa
Na ‘me si li ‘ye wòanɔ ‘nyi tegbee!

Stanza 3
Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe!
Ne blukɔ ƒo xlã wò
‘Ye ame ƒe ŋku makpɔ wò keklẽ o hã.
Wò koe nye kɔkɔetɔ;
ame ka gɔ̃ ɖi wò?
Wò ŋusẽ kpakple lɔlɔ̃ de blibo!

Stanza 4
Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe!
Mawu ŋusẽgãtɔ!
Wò nuwɔwɔwo kafua wò l’aɔ̃fi sia ‘fi
Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe, wò amenuvetɔ!
Mawu ɖekatɔ̃, wò ko míalɔ̃ ɖaa!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 20