Stanza 1
Yesu, Aƒetɔ!
Míedo ɖe gbɔwò
Kpakple ɖevi sia,
Le kuku ɖem na wò be:
Va kpɔ mí ɖa!

Stanza 2
Mina ɖeviwo
Nava gbɔnye ko;
Woawo tɔ enye
Mawufiaɖuƒe la, nègblɔ gbe aɖe gbe.

Stanza 3
Eya ta míeva,
Yayra vevi sia
Bia ge tso gbɔwò;
Míetsɔ ɖevi sia le asi ɖem na wò.

Stanza 4
Míeda ‘kpe na wò,
Aƒetɔ vevi
Elabe nèxɔ
Ðevi sia hetsɔ wɔ wò ŋutɔ tɔwòe.

Stanza 5
Míele kuku ɖem
Be, nàkpɔ eta
Le xexe sia me;
Nàkplɔe yi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 196