Stanza 1
Yesu ƒe nyanyui la yɔ mí,
Míatrɔ mía dzi ɖe eŋu faa!
Nya ma agbe le ‘me na mí;
Mina ne míalɔ̃ nyanyui la!
Stanza 2
O dzidzɔnya vavã, si tso
Aƒetɔ la ŋutɔ si me,
Wòle ɖoɖom ɖe mí tegbee;
Mixɔe, fe mele eme o!
Stanza 3
Ame ɖeka hɔ̃ he vɔ̃ vɛ,
Vɔ̃ la xɔ mí katã mía me;
Ame ɖeka ke va tsɔe yii,
Tsɔ ‘ƒe ʋu klɔ mía ŋuti keŋ.
Stanza 4
Dzi Haleluya kple dzidzɔ,
Elabe èzu Yesu tɔ.
Eya ŋuti mègavɔ̃ o,
Atutu aɖatsi na wò!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 192