Stanza 1
Nɔviwo, mixɔ mia teƒe,
Blukɔ tsyɔ anyigba dzi
Miɖaɖe gbeƒã na duawo:
Xexemexɔla la dzɔ!
Miɖi ɖase, miɖi ɖase,
Ðase le ɖela la ŋu!

Stanza 2
Migakpe ŋu nyanyui la o,
Mawu ƒe ɖeɖeŋusẽe!
Miɖe gbeƒã ablɔɖe la
Na nu vɔ̃ ƒe kluviwo!
‘Blɔɖe vavã, ‘blɔɖe vavã,
‘Blɔɖe sia tso Kristo gbɔ!

Stanza 3
Le xaxa gãwo me ke hã
Yesu laʋli ‘tɔwo ta.
Le futɔ vɔ̃ɖiwo dome
Yesu lanye mía xɔlɔ̃.
Eli kpli mí, eli kpli mí,
Akplɔ mí ade goe tsã!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 180