Stanza 1
Kpla wò yi kple aʋawu;
Tso, kɔ ‘flaga dzi boo!
Xɔxɔ ƒe aʋafia la,
Ele ŋuwò kpokploe.
Nye aflaga xɔasi la!
Yi ŋgɔ le eŋkɔ me!
Gavɔ̃ o, wò aʋafia
Laɖu dzi fifia ke!
Stanza 2
Kpla wò yi kple aʋawu!
Xɔse nye ‘kpoxɔnua.
Eƒe ŋugbedodowo
Alé wò ɖe te tsã.
Nye aflaga xɔasi la!
Yi ŋgɔ le eŋkɔ me!
Gavɔ̃ o, wò aʋafia
Laɖu dzi fifia ke!
Stanza 3
Kpla wò yi kple aʋawu!
Lũ ɖe futɔwo dzi!
Ðeke madza wò ya o;
Mawu ‘si me nèle.
Nye aflaga xɔasi la!
Yi ŋgɔ le eŋkɔ me!
Gavɔ̃ o, wò aʋafia
Laɖu dzi fifia ke!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 178