Stanza 1
Nɔviwo, miƒã ku nyuiwo
Zi ale si nudoɣi li!
Miwɔ dɔ le Yesu ŋkɔ me,
Va se ɖe si wòagava!
Ekema míadzi nuŋeyihawo,
Eye míatsɔ nu ƒoƒuwo vɛ nɛ.
Stanza 2
Fifia enye dɔwɔwɔɣi,
Míele agbagba dzem vevie.
Ne Yesu ana be, viawo
Akpe fu afi sia hã,
Woakpe fu la kpakple dzideƒo ko,
Elabe dzidzɔ mavɔ le wo ŋgɔ.
Stanza 3
Dzidzɔ mavɔ ma le dziƒo,
Si madze na mí hafi o;
Negbe ɖe ko míewɔ nya ma,
Si Yesu gblɔ la, hã dzi:
Esia nye nye nuɖuɖu nyuitɔ la,
Be mawɔ Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 155