Stanza 1
Gbe ɖeka Yesu ƒe ha la
Ƒo ƒu ɖe Yerusalem;
Nuxaxa yɔ woƒe dzi me,
Nu ka ŋu woxa nu le?
Stanza 2
Menye xexemenya ‘ɖeke
Aloo nya vɔ̃a-ɖeke o;
Aƒetɔ ƒe nusrɔ̃lawoe,
Woxa nu le ‘ƒe ku ŋu.
Stanza 3
Le vɔvɔ̃ na futɔwo ta
Wotu ʋɔtru la sesiẽ.
Tete la wokpɔ amea-ɖe,
Si tsi ‘tre ɖe wo dome.
Stanza 4
Yesu, woƒe xɔla nyui la,
Kɔ asi dzi ɖe wo dzi,
Hele gbe dom na wo bena:
Ŋutifafa ana mi!
Stanza 5
Ede se hã na wo bena,
Woagadzo le dua me o;
Ke woaxɔ Gbɔgbɔ, si ava
wo dzi la, ƒe ŋusẽ gbaã!
Stanza 6
Azɔ ne yeayi Fofoa gbɔ,
Akɔfala sia ava,
Bene wòanɔ woƒe dzi me,
Akɔ wo ŋuti keŋkeŋ.
Stanza 7
Emegbe la ekplɔ wo yi
Ðe Betaniato la dzi;
Esime wòyra wo vɔ la,
Eyi dziƒo Fofoa gbɔ.
Stanza 8
Yesu, va míawo hã dome,
Nàna ŋutifafa mí!
Esia ‘zu mía ‘kɔfafa ɖaa,
Va se ɖe ‘si míakpɔ wò!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 132