Stanza 1
Woana ŋutikɔkɔe gã
Yesu, si fɔ egbe sia
Tso yɔdo me, afi si
Woɖii ŋkeke ‘tɔ̃ hafi.
Stanza 2
Eku ɖe mía nu vɔ̃ ta,
Gatrɔ be wòatso ‘fia nyui,
Azɔ míadze sii vavã,
Be mía ‘ƒetɔ enye gã.
Stanza 3
Abosam ŋutasẽla
Enye ku hevɛla gã!
Blea ame, ɖea fu nɛ hã,
Ðua wo dzi hã kple adã.
Stanza 4
Gake Yesu ɖu edzi,
Esi wòku, gatsi ‘tre.
Azɔ míegblɔ kple dzidzɔ:
Yesu enye ŋusẽtɔ!
Stanza 5
Tso vɔ̃kluvinyenye me,
Tso ku kpl’a-bosam si me
Yesu va xɔ mí katã,
Be míaxɔ edzi ase.
Stanza 6
Eya ta mine míana
Bubu kple akpedada
Yesu, si nye mía xɔla,
Tso míaƒe dziwo me ɖaa!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 120