Stanza 1
El’a-gbe! El’a-gbe! Efɔ dzidzɔtɔe,
Do go tso yɔdo me le kuzã megbe.
Agbefia la gbã ku ƒe kɔsɔkɔsɔ;
Eya ta woɖɔ agbefiakuku nɛ.
Stanza 2
El’a-gbe! El’a-gbe! Eɖu ku la dzi,
Azɔ la wòatrɔ ayi Fofo la gbɔ!
Dziƒodɔlawo le aseye tsom nɛ,
Mina míawo hã míagli be: El’a-gbe!
Stanza 3
El’a-gbe! El’a-gbe! Mina míawo hã
Míafɔ kpakplii be, míanɔ agbe nɛ ɖaa!
Mine míakpe fu nɛ, míaku nɛ gɔ̃ hã,
Ne míaɖanɔ egbɔ l’a-gbe mavɔ me!
Stanza 4
El’a-gbe! El’a-gbe! Mina míawo hã
Míafɔ kpakplii be, míanɔ agbe nɛ ɖaa!
Mine míakpe fu nɛ, míaku nɛ gɔ̃ hã,
Ne míaɖanɔ egbɔ l’a-gbe mavɔ me!
Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 110