Stanza 1
Wò, alẽvi maɖifɔ,
Wohe wò ɖ’atikɔgo!
Edo dzi seɖe ku me,
Wònye wodo vlo wò hafi.
Nuvɔ̃wo katã nètsɔ,
Be míawo míagavɔ̃ o.
Kpɔ mía nublanui, oo Yesu!

Stanza 2
Míeda ‘kpe na wò vevie
Le wò lɔlɔ̃ manyagblɔ,
Si nètsɔ lɔ̃ mí la, ta.
Na míatsri nuvɔ̃wo keŋ,
Axa nu le ‘ŋu vevie
Le wò fu gã la ŋuti.
Kpɔ mía nublanui, oo Yesu!

Stanza 3
Na míaɖo ŋu ɖe ŋuwò
Kple míaƒe dzi blibo la
Le wò fɔmaɖiku ta,
Mía kpli wò míagakplã o!
Kpe ɖe mía ŋu, míaku nyuie,
Ale be míade dziƒo!
Kpɔ mía nublanui, oo Yesu!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 105