Stanza 1
Haleluya Kafukafu
Mana Mawu kple dzidzɔ
Matsɔ saŋku akafui ɖaa,
Mado eƒe ŋkɔ ɖe dzi
Zi ale si me l’aɔ̃gbe,
Mada ‘kpe nɛ, makafui!

Stanza 2
Dziŋgɔli kple xexe sia me
Kpakple woƒ’aɔ̃tsyɔ̃ɖoɖo,
Nya ɖeka ko Mawu gãgblɔ,
Tete wo katã va do.
Xexeame ƒe dziɖula
Wɔa ‘ƒe ŋugbedodo dzi.

Stanza 3
Ame dahe kple hiãtɔ la
Xɔa kpekpeɖeŋu tso ‘gbɔ.
Enaa nuɖuɖu dɔwuitɔ,
Doa ŋusẽ ame ɖɔ hã.
Fukpela, siwo yɔe ɖa,
Eɖea wo le lɔlɔ̃ ta.

Stanza 4
Eʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ hã,
Mí Aƒetɔ lɔlɔ̃tɔ,
Be kekeli, si tso dziƒo,
Naɖe ‘kɔfafa fia wo.
Kpɔ ale si Mawu gã
Lɔ̃a amegbetɔ vavãe!

Stanza 5
Mawu gã sia nye mía ‘ƒetɔ
Kple mía dziɖula tegbe.
Ha kɔkɔe, de ta agu na
Wò ɖela kple fia gã sia!
Haleluya, mikafui!
Mía ‘ƒetɔ la gogo mí!

Ewe Hymnal – Global Evangelical Church (GEC) Hymn 10